Acts 13:36 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Esi David wɔ eƒe agbemedɔ vɔ abe ale si Mawu dii ene la, eku, woɖii ɖe fofoawo dome, eye eƒe ŋutilã ƒaƒã ɖe tome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena Dawid, esi wòsubɔ Mawu ƒe tameɖoɖo le ye ŋutɔ ŋɔli la, edɔ alɔ̃; eye wotsɔe mlɔ fofoawo gbɔ, eye wòkpɔ nyunyɔ;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi David wɔ ɖe Mawu ƒe ɖoɖowo dzi wu enu vɔ le ame siwo dome wòdzɔ ɖo la, eku, eye woɖii ɖe tɔgbuiawo dome, eye eƒe ŋutilã nyunyɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Menye David ŋutie wonɔ nya siawo gblɔm tsoe o, elabena ele nyanya me na mí katã be esi David wɔ eƒe agbemedɔ vɔ abe ale si Mawu dii ene la, eku, woɖii eye eƒe ŋutilã vo ɖe tome.