Acts 13:4 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le Kipro la, Saulo kple Barnabas wodze mɔ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpɔkplɔ te heyi ɖe Seleukia. Le afi sia la, woɖo tɔdziʋu heyi ɖe Kipro. Wokplɔ Marko Yohanes hã ɖe asi abe woƒe kpeɖeŋutɔ ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ woawo la, esi Gbɔgbɔ kɔkɔe la dɔ wo ɖa la, wova Seleukia, eye tso afima woɖo ʋu yi Kipro.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la fia mɔ Barnaba kple Saulo, eye woyi Seleukia. Woɖo tɔdziʋu tso afi ma yi Kipro-ƒukpo dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Saulo kple Barnaba dze mɔ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpɔkplɔ te heyi ɖe Seleukia. Le afi sia la, woɖo tɔdziʋu heyi ɖe Kipro. Wokplɔ Marko Yohanes hã ɖe asi abe woƒe kpeɖeŋutɔ ene.