Acts 13:46 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Paulo kple Barnabas wogblɔ kple dzideƒo na wo be, “Edze be woagblɔ Mawu ƒe nya na mi Yudatɔwo gbã, gake esi mieɖi gbɔ̃ nyanyui la, eye miebu mia ɖokui be yewomedze na agbe mavɔ la o la, fifia míatsɔe ayi na ame siwo menye Yudatɔwo o boŋ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Paulo kple Barnaba ƒo nu kple dzideƒo bena: Ele vevie bena, woagblɔ mawunya na mi gbã, ke esi mieɖee ɖa tso mia gbɔ, eye miebu mia ɖokui be, miedze agbe mavɔ la o la, kpɔ ɖa, mietrɔ yi trɔ̃subɔlawo gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Paulo kple Barnaba ƒo nu na wo vɔvɔ̃ manɔmee be: “Miawo boŋ wòdze be woagblɔ Mawu ƒe nya la na gbã hafi. Ke esi miebu mia ɖokui be yewomedze na agbe mavɔ o ta la, míetrɔ ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la gbɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nu sia meɖe dzi le Paulo kple Barnaba ƒo o ke boŋ wogblɔ kple dzideƒo be, “Edze be woagblɔ Mawu ƒe nya nyui sia na mi Yudatɔwo gbã, gake esi mieɖi gbɔ̃ nya nyui la eye miebu mia ɖokui abe yewomedze na agbe mavɔ la o la, fifia míatsɔe ayii na Trɔ̃subɔlawo boŋ.