Acts 13:48 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Paulo ƒe nya sia do dzidzɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wokafu Mawu. Wo dometɔ siwo Mawu ŋutɔ tia da ɖi na agbe mavɔ la xɔe se.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi trɔ̃subɔlawo see la, dzi dzɔ wo, eye wokafu Aƒetɔ ƒe nya la; eye ame alesi nu woɖo ɖi na agbe mavɔ la, xɔe se.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi ame siwo menye Yudatɔwo o la se nya sia la, dzi dzɔ wo, eye wokafu Mawu ƒe nya la. Ale ame geɖe siwo Mawu tia ɖi na agbe mavɔ la xɔe se.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Paulo ƒe nya sia do dzidzɔ na Trɔ̃subɔlawo eye wo dometɔ siwo Mawu ŋutɔ tia da ɖi na agbe mavɔ la xɔe se.