Acts 13:50 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Dɔ me ve Yudatɔwo ƒe dumegãwo ale gbegbe be wode ʋunyaʋunya dua me nyɔnu ŋkuta siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, ale be tɔtɔ gã aɖe va, eye to esia me la, wonya Paulo kple Barnabas do goe le dua me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yudatɔwo de zi nyɔnu ŋkutatɔ, siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, eye wona yometiti dzɔ ɖe Paulo kple Barnaba dzi, eye wonyã wo tso woƒe nutoawo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Yudatɔwo na nyɔnu bubume siwo vɔ̃a Mawu la kple dumegãwo tso ɖe Paulo kple Barnaba ŋu. Woti wo yome, henya wo dzoe le woƒe nutoa me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Dɔme ve Yudatɔwo ƒe dumegãwo ale gbegbe be wode ʋunyaʋunya dua me nyɔnu ŋkutatɔ siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, ale be tɔtɔ gã aɖe va eye to esia me la wonya Paulo kple Barnaba do goe le dua me.