Acts 13:8 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wonɔ nya la gblɔm nɛ la, afakala Elima (elabena nenemae nye eƒe ŋkɔ le Grikigbe me) tsi tsitre ɖe wo ŋu, eye wòte kpɔ be yeagblẽ to na mɔmefia la be megaxɔ Mawu dzi se o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke afakala Elima (elabena nenema woɖe eƒe ŋkɔ la gɔme) tsi tre ɖe wo ŋu, eye wòdi bena, yeatrɔ dua me dziɖula atso xɔse la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Elima (si gɔmee nye dzosala la) tsi tsitre ɖe wo ŋu, eye wòdi be yeatrɔ dua dziɖula la ƒe susu, ne magase nya la ava yi edzi xɔ ge ase o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi wonɔ nya la gblɔm nɛ la, afakala sia si ƒe ŋkɔ le Helagbe mee nye Elima la, te kpɔ be yeagblẽ to na gɔvina la be megase Saulo kple Barnaba ƒe nyawo o, eye be megaxɔ Mawu dzi se hã o.