Acts 14:1 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Abe ale si wowɔnɛ le afi sia afi si woyi ene la, Paulo kple Barnabas gayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Ikonio hã, eye wogblɔ nya kple ŋusẽ tɔxɛ aɖe, ale be ame geɖe siwo nye Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa trɔ zu xɔsetɔwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòva ve me le Ikonio bena, woa kple eve la woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, eye woƒo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo dome ame geɖewo xɔe se.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Paulo kple Barnaba va ɖo Ikonio la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe. Nya siwo wogagblɔ la wɔ dɔ ɖe ameawo dzi ale gbegbe, be Yudatɔ kple Helatɔ geɖewo xɔe se.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Abe ale si wowɔnɛ le afi sia afi si wode ene la, Paulo kple Barnaba gayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Ikonio hã eye wogblɔ nya kple ŋusẽ tɔxɛ aɖe ale be ame geɖe siwo nye Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, trɔ zu xɔsetɔwo.