Acts 14:15 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Mía tɔwo, nu kae nye busunu sia wɔm miele? Míawo hã amegbetɔwo ko míenye abe miawo ke ene. Ɖe míeva be míagblɔ nyanyui sia na mi be miadzudzɔ nu maɖinu siawo tɔgbi subɔsubɔ, eye miado gbe ɖa na Mawu gbagbe si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la boŋ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋutsuwo, nukae nye esi wɔm miele? Miawo hã amegbetɔ, siwo nu vena la mienye abe miawo ke ene, eye miele nyanyuie la gblɔm fia mi, bena miatrɔ atso nenem yakanu siawo gbɔ ava Mawu gbagbe, si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nusiwo katã le wo me la gbɔ;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Nɔviwo, nu ka ta miele nu siawo wɔm? Amegbetɔwo ko míenye abe miawo ke ene! Míeva be míaɖe gbeƒã Nyanyui la na mi, be miatrɔ tso nu dzodzro siawo gbɔ ava Mawu gbagbe la gbɔ. Eyae wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“Mía tɔwo, nu kae nye busunu sia wɔm miele? Míawo hã amegbetɔwo ko míenye abe miawo ke ene. Đe míeva be míagblɔ nyanyui sia na mi be miadzudzɔ nu maɖinu siawo tɔgbi subɔsubɔ eye miado gbe ɖa na Mawu gbagbe si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nu siwo katã le eme la boŋ.