Acts 14:19 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Yudatɔ aɖewo gatso Antioxia kple Ikonio va do ɖe Listra, eye wogade ʋunyaʋunya dua me tɔwo me ɖe Paulo ŋu. Amehawo ho ɖe Paulo ŋu, ƒu kpee va se ɖe esime wòku ƒenyi, eye wohee do goe le dua me, elabena wobu be eku.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Yudatɔwo tso Antioxia kple Ikonio va afima, eye esi woƒoe ɖe amehawo nu la, woƒu kpe Paulo, eye wohee do go tso dua me hebu xa bena, eku.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Yudatɔ aɖewo tso Antioxia le Pisidia kple Ikonio va afi ma. Wotrɔ ameha la ƒe susu. Ale be woƒu kpe Paulo, hee va da ɖe dua godo, elabe wobu be eku.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke le ŋkeke ʋe aɖewo ko megbe la, Yudatɔ aɖewo gatso Antioxia kple Ikonio va do ɖe Listra eye wogade ʋunyaʋunya dua me tɔwo me ɖe Paulo ŋu. Amehawo ho ɖe Paulo ŋu, ƒu kpee nyui va se ɖe esime wòku ƒenyi eye wohee do goe le dua me elabena wobu be eku.