Acts 14:2 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Yudatɔ siwo medina be yewoaxɔ Mawu ƒe ɖeɖenya sia dzi ase o la, gblɔ nya baɖa ƒomevi geɖewo ɖe wo nɔviawo ŋu. Wowɔ esia be ame siwo menye Yudatɔwo o la nagaxɔ woƒe nyawo dzi ase o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yudatɔ, siwo mexɔe se o la, de zi trɔ̃subɔlawo ƒe luʋɔwo me, eye wodo ada wo ɖe nɔviawo ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Yudatɔ siwo gbe be yewomaxɔe se o la, gblẽ ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe susu ale be wotso ɖe xɔsetɔwo ŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke Yudatɔ siwo medina be yewoase Mawu ƒe ɖeɖenya sia o la, gblɔ nya baɖa ƒomevi geɖewo ɖe Paulo kple Barnaba ŋu. Wowɔ esia be Trɔ̃subɔlawo nagaxɔ woƒe nyawo dzi ase o.