Acts 14:22 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye wodo ŋusẽ xɔsetɔwo be woalé xɔse me ɖe asi. Wode dzi ƒo na xɔsetɔawo be, “Ele na mí be míato fukpekpe geɖewo me hafi age ɖe mawufiaɖuƒe la me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wodo ŋusẽ nusrɔ̃lawo, eye wode dzi ƒo na wo, be woalé xɔse la me ɖe asi nyateƒetɔe kple nya siawo be: “Ele na mí be míakpe fu geɖe hafi age ɖe Mawu ƒe fiaɖuɖu la me.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wode dzi ƒo na xɔsetɔawo be woalé woƒe xɔse la me ɖe asi sesĩe togbɔ be wole funyafunya wɔm wo hã elabena fukpekpe mee woato age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me.