Acts 14:26 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mlɔeba la, woɖo tɔdziʋu tso Atalia hetrɔ va ɖo Antioxia, afi si wodze woƒe mɔzɔzɔ gɔme le. Afi siae wobia Mawu ƒe amenuveve na wo, ku ɖe dɔ si nu wowu fifia la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tso afima woɖo ʋu va Antioxia, afisi wotsɔ wo de Mawu ƒe amenuveve me le hena dɔ, si nu wowu la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woɖo tɔdziʋu tso afi ma gbugbɔ va Antioxia le Siria. Afi siae wotsɔ amedɔdɔ siawo de Mawu si me le gbã, be wòave wo nu ne woaɖawɔ dɔ sinu wum wole la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mlɔeba la, woɖo tɔdziʋu hetrɔ va ɖo Antioxia afi si wodze woƒe mɔzɔzɔa gɔme le. Afi siae Mawu de dɔ si nu wowu fifia la asi na wo le.