Acts 14:27 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wogbɔ va ɖo Antioxia la, woyɔ xɔsetɔawo katã ƒo ƒu hegblɔ nu gã siwo Mawu wɔ kpli wo la na wo. Wogblɔ ale si Mawu ʋu xɔse ƒe mɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã na ameawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi wova afima, eye woƒo hamea nu ƒu la, woka nu gã, siwo Mawu wɔ kpli wo la ta na wo, kple alesi wòʋu dzixɔse ƒe ʋɔtru na trɔ̃subɔlawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wova ɖo la, woƒo hametɔawo nu ƒu, eye woɖe gbeƒã nu siwo katã Mawu kpe ɖe wo ŋu wowɔ kple ale si wòʋu mɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã, eye woxɔ se la na wo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi wogbɔ va ɖo Antioxia la woyɔ xɔsetɔawo katã ƒo ƒui heka nu gã siwo Mawu wɔ kpli wo la ta na wo. Wogblɔ ale si Mawu ʋu xɔse ƒe mɔ na Trɔ̃subɔlawo hã la na ameawo.