Acts 14:3 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esia hã meɖe dzi le Paulo kple Barnabas ƒo kura o, ke boŋ wonɔ dua me hegblɔ amenuvevenya kple dzideƒo ɣeyiɣi didi aɖe. Aƒetɔ la na ŋusẽ wo wowɔ nukunu kple dzesi geɖewo be yewoafia kɔtɛe be eƒe nya la kakam yewole vavã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gake la wotsi afima ŋkeke geɖe hele nu ƒom kple dzideƒo le Aƒetɔ la me, eya amesi ɖi ɖase le eƒe amenuvevenya la ŋuti, le esime wòna wowɔ dzesiwo kple nukunuwo to woƒe asiwo dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amedɔdɔawo nɔ afi ma ŋkeke geɖe. Woƒo nu tso Aƒetɔ la ŋuti dzideƒotɔe. Aƒetɔ la ɖee fia be yeƒe amenuvenya la le eme eye wòto wo dzi wɔ dzesi kple nukunu geɖe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esia hã meɖe dzi le Paulo kple Barnaba ƒo kura o, ke boŋ wonɔ dua me hegblɔ mawunya kple dzideƒo ɣeyiɣi didi aɖe. Aƒetɔ la na ŋusẽ wo wowɔ nukunu geɖewo be woafia kɔtee be eƒe nya la kakam wole vavã.