Acts 14:5 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ame siwo menye Yudatɔwo o, kpakple Yudatɔwo kple woƒe dumegãwo wɔ ɖoɖo be yewoadze Paulo kple Barnabas dzi aƒu kpe wo, awɔ nu vevi wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi trɔ̃subɔlawo kple Yudatɔwo kpakple woƒe dziɖulawo ɖo bena, woadze wo dzi, be woadi gbɔ wo, eye woaƒu kpe wo la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Emegbe la, Yudatɔ aɖewo kple ame siwo menye Yudatɔwo o kpakple woƒe kplɔla aɖewo ɖo nugbe ɖe amedɔdɔawo ŋu, be yewoaɖe fu na wo ahaƒu kpe wo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke ame aɖewo va nɔ ɖoɖo wɔm be yewoade zitɔtɔ Trɔ̃subɔlawo ƒe ha, Yudatɔwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo me ɖe Paulo kple Barnaba ŋu ale be ame siawo nadze Paulo kple Barnaba dzi aƒu kpe wo, awɔ nuvevi wo.