Acts 15:5 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ame siwo nye Farisitɔwo tsã hafi trɔ zu Kristotɔwo la tsi tsitre, eye wogblɔ be, “Ele be woatso aʋa na ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo trɔ zu xɔsetɔwo la katã, eye woawɔ ɖe Mose ƒe sewo dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke amea ɖewo, siwo tso farisitɔwo ƒe kɔmamã me, amesiwo xɔ se la, tsi tre, eye wogblɔ bena, ele bena, woatso aʋa na wo, eye woaɖo na wo be, woalé Mose ƒe se la me ɖe asi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke xɔsetɔ siwo tso Farisitɔwo ƒe habɔbɔ me la tso gblɔ be: “Ehiã be woatso aʋa na ame siwo menye Yudatɔwo o la, eye woana woawɔ Mose ƒe sea dzi.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke enumake, ame siwo nye Farisitɔwo tsã hafi trɔ zu kristotɔwo la, tsi tre eye wogblɔ be ele be woatso aʋa na Trɔ̃subɔla siwo trɔ zu xɔsetɔwo katã eye woawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo katã hã dzi pɛpɛpɛ.