Acts 15:7 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le nyamedzodzro geɖe megbe la, Petro tsi tsitre gblɔ na wo be, “Nɔvinyewo, miawo ŋutɔ mienya be anɔ abe ƒe aɖewoe nye esi va yi ene la, Mawu tiam le mia dome, eye wòdɔm ɖa be magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o, ale be woawo hã woaxɔ se.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi wole nusesẽe geɖe wɔm la, Petro tsi tre, eye wògblɔ na wo bena: Ŋu tsuwo, nɔviwo, mienyae bena, tsã la Mawu dam le mia dome, bena trɔ̃subɔlawo nase nyanyuie la tso nunye me, eye ne woaxɔ ase.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi woʋli nya la ʋuu la, Petro tso, eye wògblɔ na wo be: “Nɔvinyewo, miaɖo ŋku edzi be ɣeyiɣi aɖe nye esi va yi la, Mawu tiam tso mia dome, be ame siwo menye Yudatɔwo o la, nase Nyanyui la le nunye ne woaxɔe ase.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi ŋkekea ɖo la wo katã wogava ƒo ƒu eye wodzro nya sia me ɣeyiɣi didi aɖe. Mlɔeba la, Petro tsi tre heƒo nu na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, miawo ŋutɔ mienya be anɔ abe ƒe aɖewo nye esi va yi ene la, Mawu tiam le mia dome eye wòɖom ɖa be magblɔ nyanyui la na Trɔ̃subɔlawo ale be woawo hã woaxɔ se azu kristotɔwo.