Acts 16:10 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Enumake míeɖoe be míayi Makedonia, elabena edze na mí kɔtɛe be Mawu le mía ɖom ɖe afi ma be míaɖagblɔ nyanyui la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòkpɔ ŋutega la la, enumake miedi be, míayi Makedonia, esi miedze sii pete bena, Mawue yɔ mí ɖa, be miagblɔ nyanyuie la afia wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Paulo kpɔ ŋutega la la, míekpɔe dze sii kɔtɛe be Mawue yɔ mí be míaɖagblɔ Nyanyui la na amewo le afi ma. Ale míeɖoe be míayi Makedonia enumake.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Enumake míeɖoe be míayi Makedonia elabena edze na mí kɔtee be Mawu le mía ɖom ɖe afi ma be míayi aɖagblɔ nyanyui la.