Acts 16:12 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mlɔeba la, míeva ɖo Filipi si nye Romatɔwo ƒe du aɖe si le Makedonianyigba ƒe liƒo dzi tututu. Míenɔ afi ma ŋkeke geɖewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye tso afima mieva Filipi, si nye Makedonia-nyigba ƒe du gbãtɔ, eye wònye Romatɔwo ƒe dutsotso la; ke míenɔ du sia me ŋkekea ɖewo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Míetso le afi ma yi Filipi. Filipi ye nye du lolotɔ le Makedonia-nutoa me eye wònye Romatɔwo ƒe du. Míenɔ afi sia ŋkeke aɖewo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mlɔeba la míeva ɖo Filipi si nye Romatɔwo ƒe dutsotso aɖe si le Makedonia nyigba ƒe liƒo dzi tututu. Míenɔ afi ma ŋkeke geɖewo.