Acts 16:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le Dzudzɔgbe dzi la, míeyi tɔsisi aɖe si didi tso dua gbɔ vie la to, afi si míese be ame aɖewo ƒoa ƒu ɖo doa gbe ɖa le, eye gbe ma gbe la, míegblɔ mawunya na nyɔnu siwo va teƒea.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye le Sabat-ŋkeke dzi la mieɖo go tso dua me yi ɖe tɔ nu, afisi míesusu bena, enye woƒe gbedoɖaƒe: eye esi míebɔbɔ nɔ anyi la, mieƒo nu na nyɔnu, siwo va ƒo ƒu ɖi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dzudzɔgbe la, míedo le dua me yi ɖe tɔsisi aɖe to, afi si míebu be enye gbedoɖaƒe. Míebɔbɔ nɔ anyi, eye míeƒo nu na nyɔnu siwo va ƒo ƒu ɖi la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le Sabat dzi la míeyi tɔsisi aɖe si didi tso dua gbɔ vie la to afi si míese be ame aɖewo ƒoa ƒu ɖo doa gbe ɖa le, eye gbe ma gbe la míegblɔ mawunya na nyɔnu siwo va teƒea.