Acts 16:15 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esia ta míede mawutsi ta na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã, eye emegbe la, ekpe mí be míava dze yeƒe aƒe me. Lidia gblɔ na mí be, “Ne miexɔe se tututu be menye Aƒetɔ la dzixɔsela vavã la, ekema miva dze gbɔnye.” Eƒoe ɖe mía nu ʋuu va se ɖe esime míelɔ̃ ɖadze egbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wode mawutsi ta nɛ kple eƒeme katã la, eɖe kuku gblɔ bena: Ne miebum bena, mezu Aƒetɔ la dzixɔsela la, ekema miva aƒenye me, eye mina afima Eye wozi mia dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wole mawutsi na eya kple eƒemetɔwo la, eɖe kuku na mí vevie gblɔ be: “Ne miebum be mexɔ Aƒetɔ la dzi se vavã la, ekema miva dze aƒenye me.” Ale míelɔ̃ heyi kplii.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esia ta míede mawutsita na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã eye emegbe la ekpe mí be, míava dze ye ƒeme. Lidia gblɔ na mí be, ‘Ne miexɔe se tututu be nye hã menye Aƒetɔ la tɔ vavã la ekema miva dze gbɔnye.’ Eƒoe ɖe mía nu ʋuu va se ɖe esime míelɔ̃ yi ɖadze egbɔ. Wode Paulo kple Sila gaxɔ me.