Acts 16:19 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nuwɔna sia do dziku na ɖetugbi sia ƒe aƒetɔwo, elabena wobu woƒe gakpɔmɔnu. Le esia ta la, wona wolé Paulo kple Silas hekplɔ wo yi dumegãwo ƒe ŋkume le dutoƒo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi eƒe aƒetɔwo kpɔ bena, woƒe viɖenu, si dzi woɖoa ŋu ɖo la, do go la, wolé Paulo kple Sila, eye wohe wo yi asi me ɖe amegãwo ƒe ŋku me;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi ame siwo tɔ kluvia nye la kpɔ be yewobu yewoƒe gakpɔmɔnu la, wolé Paulo kple Sila, eye wohe wo yi ɖe ʋɔnui le dumegãwo ŋkume.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nuwɔna sia do dziku na ɖetugbi sia ƒe aƒetɔwo elabena wobu woƒe gakpɔmɔnu. Le esia ta wona wolé Paulo kple Sila hekplɔ wo yi ʋɔnudrɔ̃la gãwo ƒe ŋkume le dutoƒo.