Acts 16:25 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le zã bliboa me la, Paulo kple Silas wonɔ gbe dom ɖa, nɔ ha dzim, nɔ Mawu kafum. Gaxɔmenɔla bubuawo hã nɔ woƒe hawo sem.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye le zãtitina la Paulo kple Sila wole gbe dom ɖa, eye wodzi kafukafuhawo na Mawu, eye gatɔwo le to ɖom wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke le zã titina lɔƒo la, Paulo kple Sila nɔ gbe dom ɖa henɔ kafukafuhawo dzim na Mawu, eye gaxɔmenɔlaawo nɔ to ɖom wo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le zã bliboa me la Paulo kple Sila nɔ gbe dom ɖa nɔ ha dzim nɔ Mawu kafum. Gaxɔmenɔla bubuawo hã nɔ woƒe hawo sem.