Acts 16:27 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi gaxɔdzikpɔla nyɔ tso alɔ̃ me, eye wòkpɔ be ʋɔtruawo katã nɔ ʋuʋu ɖi la, vɔvɔ̃ ɖoe, elabena ebu be gamenɔlawo katã si dzo. Le esia ta la, eɖe eƒe yi le aku me be yeawu ye ɖokui.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete gaxɔdzikpɔla ɖi vo tso alɔ me; eye esi wòkpɔ bena, gaxɔla ƒe ʋɔtruawo le nuvo la, edi yi, be yeawu ye ɖokui.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi gaxɔdzikpɔla la nyɔ eye wòkpɔ be ʋɔawo katã le ʋuʋu la, ebu be gamenɔlaawo si. Ale wòhe yi le aku me be yeawu ye ɖokui.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi gaxɔdzikpɔla nyɔ tso alɔ̃ me eye wòkpɔ be ʋɔtruawo katã nɔ ʋuʋu ɖi la, vɔvɔ̃ ɖoe elabena ebu be gamenɔlawo katã si dzo. Le esia ta, eɖe eƒe yi le aku me be yeawu ye ɖokui.