Acts 16:33 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le zã ma ke me la, gaxɔdzikpɔla klɔ woƒe abiwo na wo, eye enumake wode mawutsi ta na eya kple eƒe aƒe blibo la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòkplɔ wo le zã ƒe gaƒoƒo ma ke dzi, eye wòklɔ abiawo na wo, eye wode mawutsi ta nɛ kple etɔwo katã enumake.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale le zã ƒe gaƒoƒo ma ke me la, gaxɔdzikpɔla la kplɔ wo yi ɖaklɔ woƒe abiawo na wo, eye wole mawutsi na eya kple eƒemetɔwo katã zi ɖeka.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le zã ma ke me gaxɔdzikpɔla klɔ woƒe abiwo na wo; eye enumake wode mawutsi tsi ta na eya kple eƒe aƒe bliboa.