Acts 16:4 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi henɔ tsatsam le duwo me. Afi sia afi si woɖo la, wogblɔa nya siwo dzi apostolowo kple hamemegãwo ɖo kpee le Yerusalem la na wo be woalé wo me ɖe asi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wole duawo me tom la, wogblɔ nyaɖoɖo, siwo apostolowo kple hamemegã, siwo le Yerusalem, bla la na wo, bena woalé wo me ɖe asi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne wozɔ mɔ va ɖo du aɖe me la, wogblɔa ɖoɖo siwo dzi amedɔdɔawo kple hamemetsitsiwo ɖo kpee le Yerusalem la na hametɔwo, eye wobiana tso wo si be woawɔ ɖe wo dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi henɔ tsatsam le duwo me. Afi sia afi si woɖo la, wogblɔa nya siwo dzi apostolowo kple hamemegãwo ɖo kpee le Yerusalem le Trɔ̃subɔlawo siwo zu kristotɔwo ŋu la na hameawo.