Acts 17:22 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi ŋkekea ɖo la, Paulo tsi tsitre ɖe ameha la titina le Areopago la dzi heƒo nu gblɔ na wo be, “Nɔvinye Atenetɔwo, edze nam ƒãa be mienye ame siwo kpɔa dzidzɔ le mawuvɔvɔ̃ ŋu ŋutɔ,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi Paulo le tsitre ɖe Areopago la titina la, egblɔ bena: Mi Ateneŋutsuwo, mekpɔ bena, le nusianu me la mievɔ̃a mawuwo ŋuta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Paulo tsi tsitre ɖe takpelawo ŋkume le dutakpeƒe la gblɔ be: “Atenetɔwo, mede dzesii le miaƒe nuwo katã ŋu be mievɔ̃a mawu ŋutɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi ŋkekea ɖo la, Paulo tsi tre ɖe ameha la titina le Mastogbɛ la dzi heƒo nu gblɔ na wo bena, “Nɔvinye Atenetɔwo, edze nam ƒã be mienye ame siwo kpɔa dzidzɔ le mawuvɔvɔ̃ ŋu ŋutɔ,