Acts 17:3 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Paolo ɖe eme, eye wòɖo kpe edzi na wo be ele na Kristo la be wòakpe fu, eye wòatsi tsitre tso ame kukuwo dome. Eyi edzi be, “Yesu si ƒe nya gblɔm mele na mi lae nye Kristo la.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wòle eme ʋum fia wo kɔte bena, ele na Kristo be, woakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome, eye bena amesiae nye Kristo Yesu, amesi ŋutinya gblɔm mele le mia fiam.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye wòɖe nya geɖe hã me na wo kple kpeɖodzinyawo. Paulo gblɔ be ehiã be Kristo la nakpe fu, eye wòafɔ tso ame kukuwo dome. Egblɔ yi edzi be: “Yesu, ame si ƒe nya mele gbeƒã ɖemee lae nye Kristo la.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ewɔ esia Sabat etɔ̃ siwo kplɔ wo nɔewo ɖo. Eɖe mawunya ƒe akpa si ku ɖe Mesia la ƒe fukpekpe, ku kple tsitretsitsi ŋu la me na wo, eye wòdze agbagba hã ɖee fia wo tso mawunya me be “Yesue nye Mesia alo Đela la vavã.”