Acts 18:12 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke esi Galio nye dziɖula le Akaya nuto me la, Yudatɔwo wɔ ɖeka ɖe Paulo ŋu, eye wokplɔe yi ʋɔnui.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi Galio nye du me dziɖula le Axaya la, Yudatɔwo tsɔ nu sɔsɔe tsi tre ɖe Paulo ŋuti, eye wokplɔe va ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi Galio va zu Romatɔwo ƒe dziɖula le Axaya-nutome la, Yudatɔwo sɔ nu, lé Paulo, eye wokplɔe yi ʋɔnui.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke esi wova ɖo Galio gɔvinae le Akaya nutome la, Yudatɔwo gatso ɖe Paulo ŋu eye wohee va gɔvina la gbɔe be wòadrɔ̃ ʋɔnui.