Acts 18:14 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Paulo ke nu be yeaɖe ye ɖokui nu la, Galio xɔ nya le enu hegblɔ na Yudatɔwo be, “Ne mi Yudatɔwo ɖe miele nutsotso nam tso nu vlo wɔwɔ aɖe alo amewuwu ŋuti la, anye ne maɖo to mi,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi Paulo be, yeake nu la, Galio gblɔ na Yudatɔwo bena: Ɖe wònye nu madzɔmadzɔ alo nu tovo wɔwɔ vɔ̃ɖia ɖe la, oo Yudatɔwo, ne edze be, maɖo to mi:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi Paulo di be yeaƒo nu la, Galio gblɔ na Yudatɔwo be: “Yudatɔwo, ne ɖe wònye nu gbegblẽ wɔwɔ aɖe ƒe nya alo hlɔ̃nya dziŋɔ aɖee mietsɔ vɛ la, magbɔ dzi ɖi adrɔ̃e na mi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi Paulo ke nu ko la, Galio xɔ nya la hegblɔ na Yudatɔwo be, “Ne mi Yudatɔwo ɖe miele nutsotso nam tso nu vlo wɔwɔ aɖe alo amewuwu ŋuti la, anye ne maɖo to mi.