Acts 18:15 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
gake esi wònye nu si ku ɖe nyawo kple ŋkɔwo kpakple miaƒe sewo ŋuti la, miawo ŋutɔwo mikpɔ egbɔ. Nyemedi be manye ʋɔnudrɔ̃la le nya siawo me o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ke nenye anukutsyɔtsyɔ le nyawo kple ŋkɔwo kpakple miaƒe sea ŋuti ta la, mia ŋutɔwo mikpɔ egbɔ; elabena nyemelɔ̃ be, manye nusiawo tɔgbe ƒe ʋɔnudrɔ̃la o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi wònye miaƒe nyawo la dzixɔsenufiafia, ŋkɔwo kple miawo ŋutɔ miaƒe sewo ko ŋu wotsɔ ɖo ta la, miawo ŋutɔ mikpɔ egbɔ. Abe ʋɔnudrɔ̃la ene la, nyemelɔ̃na be madrɔ̃ nya siawo tɔgbe ƒe ʋɔnu o.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gake esi wònye nu si ku ɖe miawo kple ame aɖe ƒe xɔse ŋuti la, miawo ŋutɔwo mikpɔ egbɔ. Nyemedi be manye ʋɔnudrɔ̃la le nya sia me o.”