Acts 18:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Afi ma wòdo go Yudatɔ aɖe si woyɔna be Akwila la le. Wodzi Akwila le Ponto, eye eya kple srɔ̃a Priskila wonɔ Italia tsã, gake Kaisaro Klaudio va de se be woanya Yudatɔwo katã le Roma dua me. Esia ta Akwila kple srɔ̃a ʋu va tsi Korinto. Paulo yi ɖasrã wo kpɔ,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòkpɔ Yudatɔa ɖe, eŋkɔe nye Akwila, si wodzi le Ponto, amesi kple srɔ̃a Priskila wotso Italia va medidi o; elabena Klaudio ɖe se bena, Yudatɔwo katã nadzo le Roma; eye wòva wo gbɔ,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Edo go Yudatɔ aɖe, si ŋkɔe nye Akwila. Enye Pontotɔwo. Eya kple srɔ̃a Priskila tso Italia va Korinto eteƒe medidi o. Woʋu va afi sia, elabe Roma Fiagã Klaudio ɖe gbe be Yudatɔwo katã nadzo le Roma. Paulo yi ɖakpɔ wo ɖa,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wodzi Akuila le Ponto eye eya kple srɔ̃a Priskila nɔ Roma tsã gake Kaisaro Klaudio va de se be woanya Yudatɔwo katã dzoe le Roma dua me, eye le esia ta Akuila kple srɔ̃a ʋu va tsi Korinto.