Acts 18:23 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Paulo nɔ Antoxia vie, emegbe edze mɔ tso teƒe yi teƒe le Galatia kple Frigia nutowo me le ŋusẽ dom nusrɔ̃lawo katã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi wòna afima ʋee la, edzo yi ɖato Galatia- kple Frigia-nutowo me ɖekaɖeka hele ŋusẽ dom nusrɔ̃lawo katã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Paulo nɔ afi ma ɣeyiɣi aɖe eye wòdze mɔ yi ɖato Galatia kple Frigia nutowo me hedo ŋusẽ nusrɔ̃lawo katã.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Enɔ afi ma vie eye wòdze mɔ ɖo ta Terki ke etɔ ɖe Galatia kple Frigia nutomewo eye wòdo ŋusẽ hame siwo le nutomeawo hekpe ɖe wo ŋu be woagatsi ɖe edzi le gbɔgbɔ me. Apolo va Efeso kple Kɔrinto