Acts 18:24 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eva eme be Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Apolo, ame si tso Aleksandria la va Efeso. Ame sia nye agbalẽnyala gã aɖe si bi ɖe ŋɔŋlɔ kɔkɔe la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Yudatɔa ɖe, eŋkɔe nye Apolo, Aleksandriatɔ tso dzodzo me, ŋutsu, si nya nuƒoƒo, eye wòsẽa ŋu le ŋɔŋlɔawo me la, va Efeso.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔ aɖe, si ŋkɔe nye Apolo, eye wònye Aleksandria vidzidzia la va Efeso. Enya nuƒoƒo eye wònya mawunya hã nyuie.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eva va eme be Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Apolo la tso Aleksandria si le Egipte la va Efeso. Ame sia nye mawunyanyala adodoe aɖe.