Acts 18:26 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Edze nufiafia gɔme le ƒuƒoƒe la dzideƒotɔe. Esi Akwila kple Priskila se eƒe nyawo la, wokpee yi woƒe aƒe me heɖe Mawu ƒe nyawo me nɛ tsitotsito wu esi wònya tsã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye amesia de asi nuƒoƒo me kple kalẽ le ƒuƒoƒe la. Ke esi Akwila kple Priskila woɖo toe la, wokplɔe va wo ɖokui gbɔ, eye woɖe Mawu ƒe ma gome fiae kɔte wu tsãtɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eƒo nu vɔvɔ̃ manɔmee le ƒuƒoƒe la. Esi Priskila kple Akwila ɖo to se eƒe nyawo la, wokplɔe yi wo ƒeme eye woɖe agbenɔnɔ si dze Mawu ŋu la me nɛ nyuie wu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Edze nufiafia gɔme le ƒuƒoƒea dzideƒotɔe. Esi Akuila kple Priskila se eƒe nyawo la wokpee yi wo ƒe aƒeme heɖe Mawu ƒe mɔ me nɛ tsitotsito wu esi wònya tsã.