Acts 18:27 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Apolo di vevie be yeayi Akaya nuto me, ale xɔsetɔ siwo le Antioxia la do ŋusẽe be wòayi. Woŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe xɔsetɔ siwo le afi ma la be ne Apolo va la, woaxɔe. Esi wòva ɖo Akaya nuto me la, egblɔ mawunya kple ŋusẽ eye wòdo ŋusẽ hame siwo nɔ afi ma le amenuveve me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi wòle didim be, yeayi Axaya la, nɔviawo de dzi ƒo nɛ, eye woŋlɔ agbalẽ na nusrɔ̃lawo be, woaxɔe. Eye esi wòva afima la, ekpe ɖe xɔsetɔwo ŋu geɖe to amenuveve me;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Apolo di be yeayi Axaya, ale nɔviawo do ŋusẽe eye woŋlɔ agbalẽ na nusrɔ̃lawo le afi ma be woaxɔe nyuie. Esi wòɖo la, ena kpekpeɖeŋu manyagblɔ ame siwo nu Mawu ve, wozu xɔsetɔwo la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Apolo di vevie be yeayi Hela nutome, ale xɔsetɔ siwo le Antioxia la do ŋusẽe be wòayi. Woŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe xɔsetɔ siwo le afi ma la be ne Apolo va la,