Acts 18:4 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Paulo yia Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me le Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe dzi hedzroa mawunya me kple Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, eye wòƒonɛ ɖe wo nu be woatrɔ dzi me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòƒo nu le ƒuƒoƒe la le Sabat sia Sabat dzi; eye wòƒoe ɖe wo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo xɔe se.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe la, edzroa nya me kple amewo le ƒuƒoƒe la, eye wòto esia wɔwɔ me na Yudatɔ kple Helatɔ geɖe trɔ susu va xɔ se.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Paulo yia Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me le Sabat ɖe sia aɖe dzi hedzroa mawunya me kple Yudatɔwo kpakple Helatɔwo siaa.