Acts 18:6 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke le ale si Yudatɔwo tsi tsitre ɖe Paulo ŋu sesĩe, eye gawu la, wonɔ busunyawo gblɔm ta la, Paulo ɖe asi le woƒe nya me, eye wògblɔ na wo be, “Miaƒe ʋu neva miawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Nye asi megale miaƒe nya me o. Tso azɔ dzi yina la, magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi wole nya ŋem ɖe enu, eye wole busunyawo gblɔm la, eʋuʋu eƒe awuwo me hegblɔ na wo bena: Miaƒe ʋu nava mia ŋutɔwo miaƒe ta dzi: nye la ŋutinye kɔ; tso esia dzi la mayi ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Yudatɔwo tsi tre ɖe eŋu kple busunyawo gbɔgblɔ. Ale Paulo ʋuʋu eƒe awuwo me, eye wògblɔ na wo be: “Miaƒe fiƒode nenɔ miawo ŋutɔ mia dzi. Nye la, nyemeɖi fɔ aɖeke o. Tso azɔ heyina la, mayi ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la dome.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke le ale si Yudatɔwo tsi tre ɖe eŋu sesĩe eye gawu la, wonɔ fewu ɖum henɔ busunyawo gblɔm ɖe Yesu ŋu ta la, Paulo ɖe ta le woƒe nya me eye wògblɔ na wo be, “Miaƒe ʋu neva miawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Nye asi megale miaƒe nya me o. Tso azɔ dzi yina la magblɔ nyanyui la na Trɔ̃subɔlawo.”