Acts 19:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yudatɔ aɖewo hã nɔ tsatsam tso du me yi du me henɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me. Ame siawo va ɖo be yewoayɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ anya gbɔgbɔ vɔ̃e kpɔ be adze edzi na yewo mahã? Woɖoe be ne yewotu ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, yewoado ɣli ɖe eta be, “Meɖe gbe na wò le Yesu Kristo, ame si ƒe nya gblɔm Paulo le la ƒe ŋkɔ me be nàdo go!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Yudatɔ dzegowo dometɔa ɖewo, amesiwo nye gbesalawo la, te kpɔ de asi Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔyɔyɔ me ɖe amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la dzi gblɔ bena: Meta Yesu, amesi ŋuti Paulo le gbe ƒã ɖem le la, na mi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Yudatɔ aɖewo, siwo tsana tso du me yi du me, eye wonyàa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe le amewo me la hã te kpɔ tsɔ Aƒetɔ Yesu ŋkɔ, be yewoanyà gbɔgbɔ vɔ̃wo adoe. Wogblɔna be: “Mebe do go, le Yesu, ame si Paulo le gbeƒã ɖemee la ŋkɔ me!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yudatɔ aɖewo hã nɔ tsatsam tso du me yi du me henɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me. Ame siawo va ɖo be yewoayɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ anya gbɔgbɔ vɔ̃e kpɔ be adze edzi na yewo mahã? Woɖoe be ne yewotu ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, yewoado ɣli ɖe eta be, “Meɖe gbe na wò le Yesu Kristo, ame si ƒe nya gblɔm Paulo le la ƒe ŋkɔ me be nãdo go!”