Acts 19:21 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dee Paulo me be wòayi Makedonia kple Akaya nuto me hafi atrɔ ayi Yerusalem. Eya ŋutɔ hã ɖoe be tso afi ma la, ele be yeayi Roma hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, Paulo ɖo le Gbɔgbɔ la me be, yeaɖato Makedonia kple Axaya ayi ɖe Yerusalem hegblɔ bena: Ne mede afima megbe la, maɖakpɔ Roma hã ɖa tsã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le nu siawo megbe la, Gbɔgbɔ la na Paulo ɖoe be yeato Makedonia kple Axaya, ayi Yerusalem. Egblɔ be: “Ne meɖo afi ma la, ele be mayi aɖakpɔ Roma hã ɖa.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Emegbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dee Paulo me be, wòayi Hela nutome hafi atrɔ ayi Yerusalem. Eya ŋutɔ hã ɖoe be tso afi ma la ele be yeayi Roma hã.