Acts 19:22 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eɖo eƒe kpeɖeŋutɔ eve siwo nye Timoteo kple Erasto la ɖa be woado ŋgɔ ayi Makedonia, Hela nuto me, ke eya ŋutɔ gatsi Asia vie.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòdo eƒe kpeɖeŋutɔwo dome ame eve, Timoteo kple Erasto, ɖo ɖe Makedonia la, eya ŋutɔ tsi Asia ʋee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale wòdɔ eƒe kpeɖeŋutɔ eve, Timoteo kple Erasto, ɖe Makedonia, eye eya ŋutɔ tsi Asia-nutome vie.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eɖo eƒe kpeɖeŋutɔ eve siwo nye Timoteo kple Erasto la ɖa be woadze ŋgɔ ayi Makedonia, Hela nutome, ke eya ŋutɔ gatsi Terki vie.