Acts 19:24 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame si he masɔmasɔ sia vɛ lae nye Demetrio. Ame sia nye klosalotula, eye dɔsrɔ̃viwo nɔ esi fũu. Wonɔa Helatɔwo ƒe mawu, Artemis ƒe legbawo wɔm kple klosalo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena amea ɖe, eŋkɔe nye Demetrio, klosalonutula, amesi tsoa klosalo tua gbedoxɔwo na Diana la, nana aɖaŋuwɔlawo kpɔa viɖe ŋutɔ;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Klosalonutula aɖe li si ŋkɔe nye Demetrio. Ŋutsu sia tsɔa klosalo tua nyɔnumawu si ŋkɔe nye Artemis la ƒe mawuxɔ ƒe nɔnɔme na amewo. Dɔ sia hea viɖe geɖe ŋutɔ vanɛ na eƒe aɖaŋudɔwɔlawo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame si he masɔmasɔ sia vɛ lae nye Demetrio. Ame sia nye klosalonutula eye dɔwɔviwo nɔ esi fũ. Wonɔa Helatɔwo ƒe mawu, Diana, ƒe legbawo wɔm kple klosalo.