Acts 19:26 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ele nyanya me na mi katã be Paulo va le tagbɔ gblẽm na amewo be mawu siwo wotsɔ asi wɔe la menye mawu gbagbe o, eye esia na be míaƒe dɔ megale edzi yim tututu le Efeso afi sia kple Asia nuto la katã me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye miekpɔ, eye miese hã bena, menye Efeso ɖeɖeko o, ke boŋ Asia blibo la katã kloe, Paulo sia ƒoe ɖe ameha geɖewo nu, eye wòtrɔ woƒe tame le gbɔgblɔm bena, esiwo wowɔ kple asiwo la, womenye mawuwo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu si wɔm Paulo le la, miele esem hele ekpɔm ɖe. Ele gbɔgblɔm na amewo be mawu si wowɔ kple asi la, menye mawu wònye o. Egblɔ nya sia le Efeso kple Asia blibo la katã kpe ɖo vɔ kloe, eye wòdze agbagba trɔ ame geɖe ƒe susu woxɔ edzi se.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke ele nyanya me na mi katã bena, Paulo va le tagbɔ gblẽm na amewo be mawu siwo wotsɔ asi wɔe la menye Mawu gbagbe o eye esia na be míaƒe dɔ megale edzi yim tututu le Efeso afii kple nutomea katã o.