Acts 19:27 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ medi be mianya be menye míaƒe dɔwɔna ɖeɖe tae mele nya siawo gblɔm o, ke boŋ ele bɔbɔe be mawu bubutɔ, Artemis subɔsubɔ dzi aɖe kpɔtɔ, eye madidi o la, Artemis si nye Mawu gã si wosubɔna le Asia nuto blibo la katã me kple xexeme godoo la ƒe ŋkɔ abu keŋ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke menye dɔ sia me ɖeɖeko gblẽ ge woala na mí be, woaɖo vloe o: ke womabu mawunɔ Diana gã la ƒe gbedoxɔ la hã nanekee o, eye eƒe gãnyenye, si Asia blibo la katã kple xexeme godoo subɔna la, hã atsrɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta edze ƒãa be míaƒe dɔ sia gbɔna gbegblẽ ge. Menye esia ɖeɖe ko o, ke boŋ amewo magabu nyɔnumawu Artemis bubutɔ la ƒe mawuxɔ la ɖe naneke me kura o. Gawu la, bubu gã, si wotsɔna na Artemis la hã aklo le eŋu keŋkeŋ; evɔ wònye eyae nye mawu, si amewo katã subɔna le Asia blibo la kple xexea me godoo hafi.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ medi be mianya be menye míaƒe dɔwɔna ɖeɖe tae mele nya siawo gblɔm o ke boŋ ele bɔbɔe be míaƒe mawu bubutɔ, Diana, subɔsubɔ dzi aɖe kpɔtɔ eye madidi o la, Diana, si nye mawugã si wosubɔna le mía ƒe nutome afii kple xexeame godoo la ƒe ŋkɔ abu keŋ.”