Acts 19:33 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yudatɔ aɖewo kpɔ Aleksandro le ameawo dome, eye enumake wohee do goe wòva tsi tsitre ɖe ameha la ŋkume. Ekɔ asi dzi, eye ɖoɖoe zi, ale wòde asi nuƒoƒo me na wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wohe Aleksandro tso ameha la me do go, elabena Yudatɔwo le asi tumi do ɖe ŋgɔgbe. Eye Aleksandro mia asi hele didim be, yeaɖe ye ɖokui nu na ameha la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ameawo dometɔ aɖewo doe ɖa be Aleksandro, ame si Yudatɔwo tsɔ ɖo ŋgɔ la, neƒo nu. Aleksandro di be yeaƒo nu, aɖe ye ɖokui nu na wo ale wòwɔ asi na wo be woazi ɖoɖoe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yudatɔ aɖewo kpɔ Aleksandro ɖa le amewo dome eye enumake wohee do goe wòva tsi tre ɖe ameha la ŋkume. Ekɔ asi dzi eye ɖoɖoe zi, ale wòde asi nuƒoƒo me na wo.