Acts 19:4 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Paulo se nya sia la, egblɔ na wo be, “Yohanes Mawutsidetanamela ɖeko wòwɔe be yeafia ale si ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ va Mawu gbɔ eye emegbe la, wòaxɔ Yesu Kristo, ame si ƒe nya Yohanes gblɔ be ele vava ge la dzi ase, ale be woade mawutsi ta nɛ ɖe eƒe ŋkɔ me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Paulo gblɔ be: Yohanes de mawutsi ta na ame kple dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedeta hegblɔ na dukɔ la bena, woaxɔ amesi gbɔna le eyome la dzi ase: eyae nye Yesu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Paulo gblɔ be: “Yohanes le mawutsi na dzimetrɔlawo eye wògblɔ na ameawo be woaxɔ ame si le ye yome gbɔna la dzi ase. Ame siae nye Yesu.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nya sia mevivi na Paulo o ale wòfia wo be Yohanes Mawutsidetanamela ɖe ko wòwɔe be yeafia ale si ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ atrɔ va Mawu gbɔ eye emegbe la wòaxɔ Yesu Kristo ame si ƒe nya Yohanes gblɔ be ele vava ge la dzi ase ale be woade mawutsi ta nɛ ɖe eƒe ŋkɔ me.