Acts 19:8 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Paulo yi ɖe ƒuƒoƒe la me nɔ mawunya gblɔm kple dzideƒo ɣleti etɔ̃ sɔŋ, eye wòle mawufiaɖuƒe la ŋutinya ƒom ɖe wo nu ale be woxɔe se.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòyi ɖe ƒuƒoƒe la me la, egblɔ nya kple dzideƒo, eye ɣleti etɔ̃ sɔŋ wòle nu ƒom, eye wòle mawufiaɖuƒe la ŋutinya ƒom ɖe wo nu, ale bena woxoe se.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Paulo de ƒuƒoƒe la ɣleti etɔ̃ eye wòƒo nu ɖe nya me vɔvɔ̃ manɔmee hete kpɔ be yeatrɔ woƒe susu ɖe Mawu ƒe fiaɖuɖu ŋuti.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Paulo nɔ Efeso ɣleti etɔ̃ nɔ mawunya gblɔm le Sabat dzi. Edzea agbagba ɣesiaɣi be yeagblɔ nu si dzi wòxɔ se le mawufiaɖuƒea ŋu kple nu si ta wòxɔ edzi se la afia eye wòtena kpɔna be yeaɖe nya me na amewo be woaxɔ Yesu dzi ase.