Acts 19:9 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame aɖewo mexɔ eƒe nya o, ale wotsi tsitre ɖe eŋu vevie hegblɔ busunya geɖe ɖe Mɔ la ŋu le dutoƒo. Nu sia na be Paulo dzo le wo gbɔ. Ke ekplɔ nusrɔ̃lawo ɖe asi yi Tirano Takpexɔa me, afi si wòƒoa nu na wo le gbe sia gbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi amea ɖewo ƒe dzime sẽ, eye womeɖo to o hele nya vlowo gblɔm ɖe mɔ la ŋu le ameha ƒe ŋku me la, edzo le wo gbɔ, eye wòɖe nusrɔ̃lawo ɖa tso wo dome, eye wòƒoa nu na wo gbesiagbe le Tirano ƒe nusrɔ̃xɔ la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ame vlo aɖewo le ameawo dome, siwo sẽ dzime, eye womexɔe se o. Wogblɔ nya vlowo ɖe mɔ sinu Aƒetɔ la di be woanɔ agbe ɖo la ŋu le ƒuƒoƒe la me. Ale Paulo kplɔ nusrɔ̃laawo eye eya kple woawo wodzo le ha ma me. Woyi ɖe Tirano ƒe sukuxɔ me, afi si wòdzro nya me kpli wo le gbe sia gbe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame aɖewo mexɔ eƒe nya o ale wotsi tre ɖe eŋu vevie hegblɔ busunya geɖe ɖe Kristo ŋu le dutoƒo, nu sia na be Paulo dzo le wo gbɔ. Ke ekplɔ ame siwo xɔ eƒe nya la ɖe asi yi Tirano Takpexɔa me afi si wòƒo nu na wo le gbe sia gbe.