Acts 2:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ be makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomeawo katã dzi. Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi. Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo, eye ame tsitsiwo hã aku drɔ̃ewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
„Eye ava me le ŋkeke mlɔeawo me, Mawue gblɔe, bena matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilã katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo agblɔ nya ɖi, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo, eye miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
‘Mawu gblɔ be: Ava eme le ŋkeke mamlɛawo me, be matsɔ nye Gbɔgbɔ ana amegbetɔwo katã. Mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo aɖe gbeƒã nye gbedeasi; miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutega, eye miaƒe amegãɖeɖiwo aku drɔ̃e.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ be makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomewo katã dzi. Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi. Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo eye ame tsitsiwo hã aku drɔ̃e le nu siwo ava dzɔ la ŋuti.