Acts 2:26 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esia ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm, eye nye aɖe le aseye tsom be nye ŋutilã anɔ agbe le mɔkpɔkpɔ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esia ta nye dzi kpɔ dzidzɔ, eye nye aɖe tso aseye; ẽ, nye ŋutilã hã adzudzɔ le nukpɔkpɔ me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta dzi dzɔm, eye nye aɖe tso aseye. Gawu la, maɖe dzi ɖi ahanɔ mɔ kpɔm, togbɔ be menye amegbetɔ si dzɔ na ku hã.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
”‘Esia ta dzidzɔ blibo yɔ nye dzime eye mele Mawu kafum ɖaa gbe sia gbe. Kakaɖedzi le asinye hã be nu sia nu anyo nam le ku me gɔ̃ hã.